Philippians 2

1Ke ne akɔfafa ɖe li Kristo me , ne dzidzime aɖe li le lɔlɔ me , ne gbɔgbɔme be ɖeka wɔwɔa ɖe li, ne dɔmetɔtrɔ kple nublanui kpɔkpɔ ɖeli, 2mina nye dzidzɔkpɔkpɔ nade blibo , bene miaƒe tamesusuwo nanɔ ɖeka ,mia ƒe lɔlɔwo na nɔ ɖeka ,miawɔ ɖeka le gbɔgbɔme eye taɖodzinu ɖeka woa nɔ mia si.

3Miga wɔ naɖeke le ɖokuitɔdidi me alo nusi ma ɖe via ɖeke na mi me o, ke boŋ ameɖokui bɔbɔ ɖe anyi awɔ mi be miakpɔ mia haviwo abe ɖe woxɔ asi wu mi la ene. 4Megadi wo gɔmekpɔkpɔ ɖeɖe ko o,ke nɔviwo wo tɔ ha.

5Tame susu si nɔ Kristo Yesu me la nanɔ mia woha miame, 6eya amesi ƒe nɔnɔme nye Mawu fe nɔnɔme vɔla , metsɔ eɖokui sɔ kple Mawu o eye mekpɔe abe nane si yedze la na ene o. 7Ke boŋ eɖe Mawu ƒe nɔnɔme si nɔ esi la daɖi. Etsɔ subɔvi ƒe nɔnɔme,eɖe eɖokui fia le amegbetɔ ƒe nɔnɔme.wokpɔe le ameƒe nɔnɔme me.

8Ebɔbɔ eɖokui eye woɖoto vaseɖe kume, atsitsoga ŋuti ku gɔ ha me.

9Esia ŋuti Mawu doe ɖe dzi bobobo, eye wotsɔ ŋkɔ si ƒo ŋkɔwo kata ta la nɛ. 10Bena le Yesu ƒe ŋkɔ me , amesiwo le dziƒo ,le anyigbadzi kple anyigba gɔme la ƒe klowo nadze. 11Eye aɖe siaɖe na ʋu eme be Yesu Kristo ye nye aƒetɔ, hena Mawu fofo la ƒe ŋuti kɔkɔe.

12Esiata, nye lɔlɔtɔwo, abe alesi mie ɖoa to ɣesiaɣi la, menye esime mele mia gbɔ la ɖeɖe ko o, ke boŋ ha,ne nyeme li o, miga wɔnɛ wua boŋ, mitsɔ vɔvɔ kple dzodzo nyanya wɔdɔ le miaƒe ɖeɖekpɔkpɔ ŋuti. 13Elabena Mawu tsɔa dzodzrokple lɔlɔnu wɔwɔ dea mia me, bena mia wɔdɔ nyuie si adze eŋu.

14Miga li liʋiliʋi alo aƒo nukpoloe le naɖeke wɔwɔ me o, 15Bena miazu Mawuvi siwo ŋu mokaka me le o, Mawuvi siwo ŋuti kɔ siwo ŋu fɔ bubua ɖeke mele o, siwo le keklem le dzidzime vɔɖi kple nuvɔ xexe siame me. 16Mile nya si na agbe la ɖe asi goŋgoŋ alebena, le Kristo la ƒe ŋukeke la dzi la mate ŋu aƒo adegbe be , nyeme ƒu du dzodzro alo wɔ dɔ vlo o.

17Ne ava eme ŋutɔ gɔha bena nye agbe atsrɔ abe vɔsanunana ene ɖe miaƒe xɔseƒe dɔwɔwɔ ta ene ha la, dzi adzɔm eye matso aseye kple mi kata. 18Ke nenema ke miawo ha miakpɔ dzidzɔ geɖe kplim.

19Mele mɔkpɔkpɔ me be aƒetɔ Yesu aʋu mɔ nam be maɖo Timoteo ɖe miagbɔ kpuie, bena ne etrɔ gbɔ va la,mase mia miagbɔ nya eye dzideƒo aga ɖo asi nye. 20Le nyateƒe me la,amebubua ɖeke me gale asinye amesi ateŋu atsɔ ɖe le eme na mi anukuaɖitɔ abe Timoteo ene o. 21Wo kata la,woa ŋutɔwo ƒe viɖe dim wole,ke menye yesu tɔ o.

22Miawo ŋutɔ mie nya timoteo la,vi vevie wonye abe alesi evi subɔa fofoa la,nene ke wo subɔam le nyanyula ƒe gbeƒa ɖeɖe me. 23Esiata mele mɔkpɔkpɔ me be,ma ɖoe ɖoɖa mi kaba,ne medzra nuwoɖo vɔ le gbɔnye ko. 24Ke me xɔ kakaɖedzi le aƒetɔ la me bena, nye ŋutɔ mava kpuie;ke ha.

25Mesusui be ele vevie be maɖo nɔvinye kple nye hadɔwɔla srafo Epafrodito.enye mia ƒe amedɔdɔ kple amesi va kpeɖe ŋutinye le nye hiahiawo me. 26Elabena miese be edze dɔ,esiata woxanu vevie eye wotsi dzimaɖeɖi me vevie ŋutɔ bena yeatrɔ ava kpɔ mia kata ɖa. 27Le nyateƒeme la ,edzedɔ vevie eye wode kuku ge kloe,ke Mawu kpɔ nublanui nɛ, ke menye eya ɖeɖe koe mawu kpɔ nublanui na o,ke na nye ha bena,vevesese maga va dze vevesese dzi nam o.

28Esiata nye ŋutɔ ha metsi dzi be ma ɖoe ɖa, be ne mi gakpɔe la, ne dzi nadzɔ mi eye mia ƒe dzi na dze eme. 29Esiata mi xɔ Epafrodito kpledzidzɔ gaa aɖe le aƒetɔ la me eye mide bubu amesiawo tɔgbe ŋu. Elabena esusɔ vie woaku le kristo ƒe dɔwɔwɔme esi wotsɔ eƒe agbe ɖeɖe,anyi bena yea subɔm le nye hiahiawo me le mia teƒe.

30

Copyright information for EweULB